< Yeremia 20 >

1 Esi nunɔla Pasur, Imer ƒe vi, Yehowa ƒe gbedoxɔ me ƒe dɔnunɔlagã la se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm ɖi la,
וישמע פשחור בן אמר הכהן והוא פקיד נגיד בבית יהוה את ירמיהו נבא את הדברים האלה׃
2 ena woƒo Nyagblɔɖila Yeremia eye wodee kunyowu me, tsi ɖe Benyamingbo dzigbetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ nu la ŋu.
ויכה פשחור את ירמיהו הנביא ויתן אתו על המהפכת אשר בשער בנימן העליון אשר בבית יהוה׃
3 Esi ŋu ke eye Parsur ɖee le game la, Yeremia gblɔ nɛ be, “Yehowa ƒe ŋkɔ si wòtsɔ na wòe nye, ame si ŋɔdzi ƒo xlãe, ke menye Pasur o;
ויהי ממחרת ויצא פשחור את ירמיהו מן המהפכת ויאמר אליו ירמיהו לא פשחור קרא יהוה שמך כי אם מגור מסביב׃
4 elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mawɔ wò nàzu ŋɔdzi na ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Wò ŋutɔ wò ŋkuwo akpɔ ale si xɔ̃wòwo atsi woƒe futɔwo ƒe yi nue. Makplɔ Yuda katã ade asi na Babilonia fia, ame si aɖe aboyo wo ayi Babilonia alo awu wo kple yi.
כי כה אמר יהוה הנני נתנך למגור לך ולכל אהביך ונפלו בחרב איביהם ועיניך ראות ואת כל יהודה אתן ביד מלך בבל והגלם בבלה והכם בחרב׃
5 Matsɔ du sia ƒe kesinɔnuwo, adzɔnuwo, nu xɔasiwo kple Yuda fia ƒe kesinɔnuwo adzoe. Woatsɔ wo adzoe abe nuhaha ene ayi Babilonia kee.
ונתתי את כל חסן העיר הזאת ואת כל יגיעה ואת כל יקרה ואת כל אוצרות מלכי יהודה אתן ביד איביהם ובזזום ולקחום והביאום בבלה׃
6 Ke wò Pasur kple ame siwo katã le wò aƒe me la, woakplɔ mi ayi aboyo me le Babilonia. Afi ma miaku ɖo eye afi ma woaɖi mi ɖo, wò kple xɔ̃wo siwo nègblɔ aʋatsonyagblɔɖiwo na.’”
ואתה פשחור וכל ישבי ביתך תלכו בשבי ובבל תבוא ושם תמות ושם תקבר אתה וכל אהביך אשר נבאת להם בשקר׃
7 O Yehowa, èblem eye mexɔ beblenya dzi se; èƒo nya ɖe nunye eye nèɖu dzinye. Ɣe sia ɣi wole alɔme ɖem le ŋunye eye ame sia ame le koyem.
פתיתני יהוה ואפת חזקתני ותוכל הייתי לשחוק כל היום כלה לעג לי׃
8 Ɣe sia ɣi ne mebe maƒo nu la, medoa ɣli heɖea gbeƒã ʋunyaʋunya kple tsɔtsrɔ̃, ale Yehowa ƒe nya hea dzu kple vlododo vɛ nam ɣe sia ɣi.
כי מדי אדבר אזעק חמס ושד אקרא כי היה דבר יהוה לי לחרפה ולקלס כל היום׃
9 Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ alo agaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o” la, eƒe nya nɔna abe dzo ene le nye dzi me, eye abe dzo bibi nue wotu nu ɖo le nye ƒu tome ene. Etsɔtsɔ ti kɔ nam. Vavã nyemagate ŋui o.
ואמרתי לא אזכרנו ולא אדבר עוד בשמו והיה בלבי כאש בערת עצר בעצמתי ונלאיתי כלכל ולא אוכל׃
10 Mese ame geɖewo le dalĩ dom be, “Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!” Xɔ̃nyewo katã le klalo na nye anyidzedze le gbɔgblɔm be, “Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”
כי שמעתי דבת רבים מגור מסביב הגידו ונגידנו כל אנוש שלומי שמרי צלעי אולי יפתה ונוכלה לו ונקחה נקמתנו ממנו׃
11 Ke Yehowa li kplim abe aʋawɔla kalẽtɔ ene, eya ta yonyemetilawo akli nu eye womaɖu dzi o. Woƒe ɖoɖowo me agblẽ eye woaɖu ŋukpe vevie, bubu si woɖe le wo ŋu la, womaŋlɔe be akpɔ o.
ויהוה אותי כגבור עריץ על כן רדפי יכשלו ולא יכלו בשו מאד כי לא השכילו כלמת עולם לא תשכח׃
12 O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ame si doa ame dzɔdzɔewo kpɔ, eye nèdzroa woƒe dzi kple tamesusuwo me, na makpɔ ale si nàbia hlɔ̃ woe elabena wòe metsɔ nye nya de asi na.
ויהוה צבאות בחן צדיק ראה כליות ולב אראה נקמתך מהם כי אליך גליתי את ריבי׃
13 Midzi ha na Yehowa! Mitsɔ kafukafu na Yehowa! Eɖe hiãtɔwo ƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
שירו ליהוה הללו את יהוה כי הציל את נפש אביון מיד מרעים׃
14 Aɖi gbe si gbe wodzim la ŋu kpekpekpe. Yayra meganɔ gbe si gbe danye dzim la dzi o!
ארור היום אשר ילדתי בו יום אשר ילדתני אמי אל יהי ברוך׃
15 Fiƒode nenɔ ame si tsɔ dzidzɔnya sia yi na fofonye be, “Wodzi viŋutsu na wò” la dzi!
ארור האיש אשר בשר את אבי לאמר ילד לך בן זכר שמח שמחהו׃
16 Nenɔ na ŋutsu ma abe du siwo Yehowa gbã nublanuimakpɔmakpɔtɔe la ene. Nese aviɣli le ŋdi me kple aʋaɣli le ŋdɔ me,
והיה האיש ההוא כערים אשר הפך יהוה ולא נחם ושמע זעקה בבקר ותרועה בעת צהרים׃
17 elabena mewum ɖe vidzidɔ me be danye nanye yɔdo nam, eye eƒe vidzidɔ nalolo tegbee o.
אשר לא מותתני מרחם ותהי לי אמי קברי ורחמה הרת עולם׃
18 Nu ka ta medo go le vidzidɔ me be makpɔ fukpekpe kple nuxaxa eye nye ŋkekewo nawu nu le ŋukpe me?
למה זה מרחם יצאתי לראות עמל ויגון ויכלו בבשת ימי׃

< Yeremia 20 >