< Mose 4 20 >

1 Israelviwo ɖo Zin gbedzi le ƒea ƒe ɣleti gbãtɔ me. Woƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miriam ku, eye woɖii ɖe afi ma.
斯てイスラエルの子孫の全會衆正月におよびてチンの曠野にいたれり而して民みなカデシに止りけるがミリアム其處にて死たれば之を其處に葬りぬ
2 Tsi mebɔ ɖe afi ma na nono o, ale ameawo gadze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu. Ameha gã aɖe ɖi anyi,
當時會衆水を得ざるによりて相集りてモーセとアロンに迫れり
3 eye wowɔ takpekpe ɖe Mose kple Aron ŋu. Wodo ɣli ɖe Mose ta gblɔ be, “Ɖe míawo hã míaku kple mía nɔvi lɔlɔ̃a siwo Yehowa wu hafi!
すなはち民モーセと爭ひ言けるは嚮に我らの兄弟等がヱホバの前に死たる時に我等も死たらば善りしものを
4 Ɖe nèɖoe koŋ kplɔ Yehowa ƒe amewo va gbedzi le afi sia be míawo kple míaƒe lãhawo siaa natsrɔ̃!
汝等何とてヱホバの會衆をこの曠野に導き上りて我等とわれらの家畜を此に死しめんとするや
5 Nu ka koŋkoŋkoŋ ta nèna míedzo le Egipte, eye nèkplɔ mí va teƒe sesẽ sia ɖo? Ègblɔ na mí be míayi anyigba nyui si dzi nuku wɔnukuwo abe gbotiwo, wain tsetsewo kple yevuboɖatiwo ene le. Anyigba si ƒe nya nègblɔ na mí ɖe? Tsi teti gɔ̃ hã meli ade mía nu míano le afi sia o!”
汝らなんぞ我らをエジプトより上らしめてこの惡き處に導きいりしや此には種を播べき處なく無花果もなく葡萄もなく石榴も無くまた飮べき水も無し
6 Mose kple Aron wotrɔ le wo gbɔ yi Agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo.
是においてモーセとアロンは會衆の前を去り集會の幕屋の門にいたりて俯伏けるにヱホバの榮光かれらに顯れ
7 Yehowa gblɔ na Mose be,
ヱホバ、モーセに告て言たまはく
8 “Tsɔ Aron ƒe atikplɔ la. Mi kple Aron miƒo ameawo nu ƒu. Ƒo nu le ameawo ƒe ŋkume na agakpe si le afi mɛ ɖa la be wòana tsi nado tso eme; eye nàna tsi wo tso agakpe la me wòade na ameawo kple woƒe lãwo katã.”
汝杖を執り汝の兄弟アロンとともに會衆を集めその眼の前にて汝ら磐に命ぜよ磐その中より水を出さん汝かく磐より水を出して會衆とその獣畜に飮しむべしと
9 Mose wɔ nu si Mawu ɖo nɛ. Etsɔ atikplɔ la tso afi si wòdzrae ɖo le Yehowa ŋkume.
モーセすなはちその命ぜられしごとくヱホバの前より杖を取り
10 Mose kple Aron woyɔ ameawo, eye wona woƒo ƒu ɖe agakpe la gbɔ. Mose gblɔ na wo be, “Miɖo to, mi aglãdzelawo! Ɖe míaɖe tsi tso agakpe sia me na mia?”
アロンとともに會衆を磐の前に集めて之に言けるは汝ら背反者等よ聽け我等水をしてこの磐より汝らのために出しめん歟と
11 Mose kɔ atikplɔ la dzi, eye wòƒo agakpe la zi eve. Enumake tsi do bababa tso agakpe la me ameawo kple woƒe lãwo no.
モーセその手を擧げ杖をもて磐を二度撃けるに水多く湧出たれば會衆とその獣畜ともに飮り
12 Ke Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Zi ale si mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋutinye le Israelviwo ŋkume o ta la, miakplɔ Israelviwo ade anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi o!”
時にヱホバ、モーセとアロンに言たまひけるは汝等は我を信ぜずしてイスラエルの子孫の目の前に我の聖を顯さざりしによりてこの會衆をわが之に與へし地に導きいることを得じと
13 Wona ŋkɔ teƒe sia be Meriba, si gɔmee nye “Dzrewɔtsi,” elabena afi siae Israelviwo tso ɖe Yehowa ŋu le eye Yehowa ɖee fia wo be yele kɔkɔe le woƒe ŋkume.
是をメリバ(爭論)の水とよべりイスラエルの子孫是がためにヱホバにむかひて爭ひたりしかばヱホバつひにその聖ことを顯したまへり
14 Esi Mose nɔ Kades la, eɖo amewo ɖe Edom fia gbɔ be, “Míawoe nye nɔviwò Israel ƒe dzidzimeviwo. Ènya ale si míaƒe ŋutinya wɔ nublanuii,
茲にモーセ、カデシより使者をエドムの王に遣して言けるは汝の兄弟イスラエルかく言ふ汝はわれらが遭し諸の艱難を知る
15 ale si mía tɔgbuiwo yi Egipte, nɔ afi ma ƒe geɖewo, eye wozu kluviwo na Egiptetɔwo.
そもそも我らの先祖等エジプトに下りゆきて我ら年ひさしくエジプトに住をりしがエジプト人われらと我らの先祖等をなやましたれば
16 Ke esi míedo ɣli na Yehowa la, ese míaƒe kokoƒoƒo, eye wòɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva kplɔ mí dzoe le Egipte. “Fifia míele Kades. Míeƒu asaɖa anyi ɖe wò liƒo dzi.
我らヱホバに龥はりけるにヱホバわれらの聲を聽たまひ一箇の天の使を遣して我らをエジプトより導きいだしたまへり視よ我ら今は汝の邊境の邊端にあるカデシの邑に居るなり
17 Míeɖe kuku ɖe mɔ na mí míato wò anyigba dzi. Míakpɔ nyuie be míato miaƒe agblewo kple waingblewo me o. Míano tsi tso miaƒe vudowo me hã o. Míanɔ mɔ gã la dzi ko tẽe. Míadzo le mɔ gã la dzi o va se ɖe esime míado go le wò anyigba dzi.”
願くは我らをして汝の國を通過しめよ我等は田畝をも葡萄園をも通過じまた井の水をも飮じ我らは第王の路を通過り汝の境をいづるまでは右にも左にもまがらじ
18 Ke Edom fia gblɔ na wo be, “Migaɖo afɔ nye anyigba dzi o! Ne mietee kpɔ be yewoaɖo afɔ nye anyigba dzi la, nye aʋakɔ akpe aʋa kpli mi!”
エドム、モーセに言けるは汝我の中を通過べからず恐くは我いでて劍をもて汝にむかはん
19 Israelviwo ƒe ame dɔdɔwo yi edzi be, “Fia bubutɔ, mɔ gã la dzi ko míanɔ. Ne míano tsi tso miaƒe vudo me gɔ̃ hã la, míaxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la ɖe eta. Ale si míatso eme ayi ko biam míele; míegale nu bubu aɖeke biam o.”
イスラエルの子孫エドムに言ふ我らは大道を通過ん若われらと我らの獣畜なんぢの水を飮ことあらばその値を償ふべし我は徒行にて通過のみなれば何事にもあらざるなりと
20 Edom fia gbe gbidigbidi gblɔ na wo be, “Migage ɖe nye anyigba dzi o.” Ena aʋakɔ gã aɖe ƒu asaɖa anyi ɖe eƒe liƒo dzi.
然るにエドムは汝通過べからずといひて許多の群衆を率ゐて出で大なる力をもて之にむかへり
21 Esi Edom gbe be womato yeƒe anyigba dzi o ta la, Israelviwo glɔ̃ mɔ to Edom ŋu.
エドムかくイスラエルにその境の中を通過ことを容さざりければイスラエルは他にむかひて去り
22 Israelviwo ƒe ha blibo la ho, dze mɔ tso Kades, eye wova ɖo Hor to la gbɔ.
かくてイスラエルの子孫の會衆みなカデシより進みてホル山にいたれり
23 Le Hor to la gbɔ, teƒe si te ɖe Edom ƒe liƒo ŋu la, Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
ヱホバ、エドムの國の境なるホル山にてモーセとアロンに告て言たまはく
24 “Azã la su be Aron naku, elabena made anyigba, si metsɔ na Israelviwo la dzi o, le esi mi ame evea mietsi tsitre ɖe nye ɖoɖowo ŋu tso tsi si le Meriba ŋu la ta.
アロンはその死たる民に列らんイスラエルの子孫に我が與へし地に彼は入ことを得ざるべし是メリバの水のある處にて汝等わが言に背きたればなり
25 Azɔ, kplɔ Aron kple via Eleazar yi Hor to la dzi.
汝アロンとその子エレアザルをひきつれてホル山に登り
26 Ɖe Aron ƒe nunɔlawuwo le eŋuti, eye nàdo wo na via, Eleazar. Aron aku ɖe afi ma.”
アロンにその衣服を脱せてこれをその子エレアザルに衣せよアロンは其處に死てその民に列るべしと
27 Ale Mose wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ. Wo ame etɔ̃ la wolia Hor to la esi ameawo katã nɔ wo kpɔm.
モーセすなはちヱホバの命じたまへるごとく爲し相つれだちて全會衆の目の前にてホル山に登り
28 Esi woɖo toa tame la, Mose ɖe nunɔlawuawo le Aron ŋu, eye wòtsɔ wo do na Aron ƒe viŋutsu Eleazar. Aron ku ɖe to la tame. Mose kple Eleazar trɔ gbɔ,
而してモーセはアロンにその衣服をぬがせて之をその子エレアデルに衣せたりアロンは其處にて山の嶺に死り斯てモーセとエレアザル山よりくだりけるが
29 eye esi ameawo se be Aron ku la, Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃.
會衆みなアロンの死たるを見て三十日のあひだ哀哭をなせりイスラエルの家みな然せり

< Mose 4 20 >