< Psalmowo 66 >

1 Ha na hɛnɔ la. Mi anyigbawo katã mido ɣli, mitso aseye ɖe Mawu ŋu!
[For the Chief Musician. A song. A Psalm.] Make a joyful shout to God, all the earth.
2 Midzi eƒe ŋkɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ha; mikafu Mawu ƒe gãnyenye!
Sing to the glory of his name. Offer glory and praise.
3 Migblɔ na Mawu be, “Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo! Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be, wò futɔwo de ta agu na wò.
Tell God, "How awesome are your deeds. Through the greatness of your power, your enemies submit themselves to you.
4 Anyigba la katã de ta agu na wò, wole kafukafuha dzim na wò, wole kafukafuha dzim na wò ŋkɔ.” (Sela)
All the earth will worship you, and will sing to you; they will sing to your name." (Selah)
5 Va, nàkpɔ nu si Mawu wɔ, ale si le amegbetɔwo ta wòwɔ ŋɔdzidɔ geɖewo!
Come, and see God's deeds—awesome work on behalf of the descendants of Adam.
6 Etrɔ atsiaƒu wòzu anyigba ƒuƒui, wozɔ afɔ to tsi la titina; miva míatso aseye le eya amea me.
He turned the sea into dry land. They went through the river on foot. There, we rejoiced in him.
7 Ele fia ɖum kple eƒe ŋusẽ tegbee, eƒe ŋku le dukɔwo ta kpɔm, aglãdzela aɖeke megatso ɖe eŋuti o. (Sela)
He rules by his might forever. His eyes watch the nations. Do not let the rebellious rise up against him. (Selah)
8 O! Mi dukɔwo, mikafu míaƒe Mawu la; mina eƒe kafukafu nade dzi woase.
Praise our God, you peoples. Make the sound of his praise heard,
9 Eyae kpɔ míaƒe agbe ta, eye mena míaƒe afɔ ɖiɖi o.
who preserves our life among the living, and doesn't allow our feet to be moved.
10 Elabena O Mawu, wòe do mí kpɔ, wòe lolõ mí abe klosalo ene.
For you, God, have tested us. You have refined us, as silver is refined.
11 Wòe de mí gaxɔ me, eye nèdo agba ɖe megbe na mí.
You brought us into prison. You laid a burden on our backs.
12 Èna amewo zɔ míaƒe ta dzi, eye míeto dzo me kple tɔ me, gake èkplɔ mí va anyigba si dzi nuwo do agbogbo ɖo fũu.
You allowed men to ride over our heads. We went through fire and through water, but you brought us out to a spacious place.
13 Mava wò gbedoxɔ me kple numevɔsa, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo na wò,
I will come into your temple with burnt offerings. I will pay my vows to you,
14 adzɔgbe siwo nye nuyi ɖe, eye nye nu ɖe gbeƒã wo, esi meɖo xaxa me.
which my lips promised, and my mouth spoke, when I was in distress.
15 Matsɔ lã damiwo kple agbowo asa numevɔe na wò, hekpe ɖe nyitsuwo kple gbɔ̃wo ŋuti. (Sela)
I will offer to you burnt offerings of fat animals, with the offering of rams, I will offer bulls with goats. (Selah)
16 Miva se, mí ame siwo katã vɔ̃a Mawu; mina magblɔ nu siwo wòwɔ nam la na mi.
Come, and hear, all you who fear God. I will declare what he has done for my soul.
17 Metsɔ nye nu do ɣli nɛ, eƒe kafukafu le nye aɖe dzi.
I cried to him with my mouth. He was extolled with my tongue.
18 Ɖe mena nɔƒe nu vɔ̃ le nye dzi me la, ne Aƒetɔ la meɖo tom o,
If I cherished sin in my heart, the LORD wouldn't have listened.
19 gake Mawu ɖo tom vavã, eye wòse nye gbe le gbedodoɖa me.
But most certainly, God has listened. He has heard the voice of my prayer.
20 Woakafu Mawu, ame si medo toku nye gbedodoɖa, alo te eƒe lɔlɔ̃ ɖa le gbɔnye o!
Blessed be God, who has not turned away my prayer, nor his loving kindness from me.

< Psalmowo 66 >