< Romatɔwo 10 >

1 Nɔvi lɔlɔ̃awo, nye dzimedidi kple nye gbedodoɖa na Mawue nye be Israeltɔwo nakpɔ ɖeɖe.
אחי חפץ לבבי ותפלתי לאלהים בעד ישראל אשר יושעו׃
2 Elabena mate ŋu aɖi ɖase tso wo ŋu be wotsɔa dzo ɖe Mawu ŋuti, gake womewɔa esia kple sidzedze o.
כי מעיד אני עליהם שיש להם קנאה לאלהים אך לא בדעת׃
3 Esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole agbagba dzem be yewoatsɔ yewo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, ekema womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.
כי את צדקת אלהים לא ידעו ויבקשו להקים את צדקתם ובעבור זאת לצדקת אלהים לא נכנעו׃
4 Se la ƒe nuwuwue nye Kristo, be ame sia ame si xɔ edzi se la nakpɔ dzɔdzɔenyenye.
כי המשיח סוף התורה לצדקה לכל המאמין בו׃
5 Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye si tso se la me la ŋuti be, “Ame si wɔ nu siawo la, anɔ agbe ɖe wo nu.”
כי משה כתב על דבר הצדקה מתוך התורה אשר יעשה אתם האדם וחי בהם׃
6 Ke dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la gblɔ be, “Mègagblɔ le wò dzi me be, ‘Ame kae ayi dziƒo mahã?’” (Esia fia be woatsɔ Kristo ava anyigba dzi)
והצדקה אשר מתוך האמונה כה אמרת אל תאמר בלבבך מי יעלה השמימה הלא זאת היא להוריד את המשיח׃
7 “alo ‘Ame kae ayi tsiẽƒe mahã?’” (Esia fia be woana Kristo nagatsi tsitre tso ame kukuwo dome). (Abyssos g12)
או מי ירד לתהום זאת היא להעלות את המשיח מן המתים׃ (Abyssos g12)
8 Ke nya ka wògblɔ? “Nya la tsɔ ɖe gbɔwò kpuie; ele wò nu me, eye wòle wò dzi me hã.” Esia nye xɔse si ŋu míele gbeƒã ɖem le la.
אבל מה היא אמרת קרוב אליך הדבר בפיך ובלבבך הוא דבר האמונה אשר אנחנו מבשרים׃
9 Elabena ne ètsɔ wò nu ʋu eme be Yesue nye Aƒetɔ, eye nèxɔe se tso wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe.
כי אם תודה בפיך אשר ישוע הוא האדון ותאמין בלבבך אשר האלהים העירו מן המתים אז תושע׃
10 Elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena ɖeɖekpɔkpɔ.
כי בלבבו יאמין האדם והיתה לו לצדקה ובפיהו יודה והיתה לו לישועה׃
11 Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí be, “Ŋu makpe ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la akpɔ o.”
כי הכתוב אמר כל המאמין בו לא יבוש׃
12 Elabena Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si, eye wònaa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa,
ואין הבדל בזה בין היהודי ליוני כי אדון אחד לכלם והוא עשיר לכל קראיו׃
13 elabena, “Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.”
כי כל אשר יקרא בשם יהוה ימלט׃
14 Azɔ aleke woayɔ ame si dzi womexɔ se o la mahã? Eye aleke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye aleke woawɔ ase nya tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o?
ועתה איך יקראו אל אשר לא האמינו בו ואיך יאמינו באשר לא שמעו את שמעו ואיך ישמעו באין מגיד׃
15 Eye aleke ame aɖe aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu ne womedɔe o? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ame siwo ɖea gbeƒã nyanyui la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!”
ואיך יגידו אם אינם שלוחים ככתוב מה נאוו רגלי מבשר שלום מבשר טוב׃
16 Gake menye Israeltɔwo katãe xɔ nyanyui la dzi se o, elabena Yesaya gblɔ be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nyawo dzi se mahã?”
אך לא כלם שמעו לקול הבשורה כי ישעיהו אמר יהוה מי האמין לשמעתנו׃
17 Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana.
לכן האמונה באה מתוך השמועה והשמועה על ידי דבר אלהים׃
18 Ke mele biabiam be: Ɖe womese nya la o mahã? Ɛ̃, vavãe, wosee: “Wogblɔ nyanyui la le anyigba ƒe akpa sia akpa, eye woƒe nyawo de xexea me ƒe seɖoƒe ke.
ואמר הכי לא שמעו אמנם בכל הארץ יצא קום ובקצה תבל מליהם׃
19 Megale biabiam ake be: Ɖe Israeltɔwo mese nya la gɔme oa? Mosee nye ame gbãtɔ gblɔ be, “Mana miaʋã ŋu ɖe dukɔ si menye dukɔ o la ŋu; eye mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.”
ואמר הכי ישראל לא ידע הנה כבר משה אמר אני אקניאכם בלא עם בגוי נבל אכעיסכם׃
20 Ke Yesaya do dzi gblɔ bena, “Ame siwo medim o la kpɔm, eye meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o la.”
וישעיהו מלאו לבו לאמר נמצאתי ללא בקשני נדרשתי ללוא שאלו׃
21 Ke le Israel ŋuti la, egblɔ bena, “Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo na dukɔ si meɖoa to o la, ke wole ɖeklemiɖeɖe dzi, eye wogbea vava.”
ועל ישראל הוא אמר פרשתי ידי כל היום אל עם סורר ומרה׃

< Romatɔwo 10 >