< Romatɔwo 4 >

1 Azɔ nu ka gblɔ ge míala tso mía tɔgbui Abraham, ame si ƒe ŋutinya míese le nya sia me la ŋuti?
What shall we say then that Abraham our father, as pertaining to the flesh, hath found?
2 Ne ele eme vavã be wotso afia na Abraham to eƒe dɔwɔwɔwo me la, ekema nane li si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu ŋkume o.
For if Abraham were justified by works, he hath [whereof] to glory; but not before God.
3 Nu ka Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ? “Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee.”
For what saith the scripture? Abraham believed God, and it was counted unto him for righteousness.
4 Azɔ ne ame aɖe wɔ dɔ la, ekema eƒe fetu menye nunana o, ke boŋ enye eƒe dɔdeasi.
Now to him that worketh is the reward not reckoned of grace, but of debt.
5 Ke ne ame aɖe mewɔ dɔ o, gake wòxɔ Mawu, ame si tsoa afia na ame vɔ̃ɖi dzi se la, ekema woabu eƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee.
But to him that worketh not, but believeth on him that justifieth the ungodly, his faith is counted for righteousness.
6 David gblɔ nya sia ke esi wòƒo nu tso ame si Mawu bu ame dzɔdzɔe ƒe yayra ŋu dɔ wɔwɔ manɔmee be,
Even as David also describeth the blessedness of the man, unto whom God imputeth righteousness without works,
7 “Woayra ame siwo wotsɔ woƒe dzidadawo ke wo, kple ame siwo wotsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo dzi la.
[Saying], Blessed [are] they whose iniquities are forgiven, and whose sins are covered.
8 Woayra ŋutsu si ƒe nu vɔ̃ Aƒetɔ la mabu nɛ o la.”
Blessed [is] the man to whom the Lord will not impute sin.
9 Ɖe yayra sia nye aʋatsotsotɔwo ɖeɖe ko tɔ alo enye ame siwo menye aʋamatsomatsotɔwo hã tɔa? Míegblɔna be Mawu bu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee.
[Cometh] this blessedness then upon the circumcision [only], or upon the uncircumcision also? for we say that faith was reckoned to Abraham for righteousness.
10 Nu ka ta wobu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee ɖo? Ɖe wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee le eƒe aʋatsotso megbe alo do ŋgɔ na eƒe aʋatsotsoa? Menye le eƒe aʋatsotso megbe o, ke boŋ do ŋgɔ na eƒe aʋatsotso!
How was it then reckoned? when he was in circumcision, or in uncircumcision? Not in circumcision, but in uncircumcision.
11 Exɔ aʋatsotso si nye eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu ƒe dzesi si wòxɔ la esime wometso aʋa nɛ o. Esia ta Abraham nye ame siwo katã xɔ se, gake wometso aʋa na wo o la fofo, be woabui na wo dzɔdzɔenyenyee.
And he received the sign of circumcision, a seal of the righteousness of the faith which [he had yet] being uncircumcised: that he might be the father of all them that believe, though they be not circumcised; that righteousness might be imputed unto them also:
12 Abraham ganye ame siwo katã wotso aʋa na la fofo, ame siwo mexɔ aʋatsotso ɖeɖe ko o, ke boŋ wonɔ agbe le xɔse me abe ale si mía fofo Abraham hã nɔ agbee hafi wotso aʋa nɛ ene.
And the father of circumcision to them who are not of the circumcision only, but who also walk in the steps of that faith of our father Abraham, which [he had] being [yet] uncircumcised.
13 Menye to se la mee Abraham kple eƒe dzidzimeviwo xɔ ŋugbedodo la le be anye xexea me ƒe domenyila o, ke boŋ to dzɔdzɔenyenye si tso xɔse mee.
For the promise, that he should be the heir of the world, [was] not to Abraham, or to his seed, through the law, but through the righteousness of faith.
14 Elabena ne ame siwo le agbe le se la nu nye domenyilawo la, ekema xɔse menye viɖenu o, eye ŋugbedodo la nye yakanu,
For if they which are of the law [be] heirs, faith is made void, and the promise made of none effect:
15 elabena se la hea dɔmedzoe vanɛ. Eye afi si se mele o la, nu vɔ̃ menɔa anyi o.
Because the law worketh wrath: for where no law is, [there is] no transgression.
16 Eya ta ŋugbedodo la vana to xɔse me be wòanye amenuveve, eye wòanye Abraham ƒe dzidzimeviwo katã, menye ame siwo le se la te ɖeɖe ko o, ke boŋ ame siwo si xɔse le abe Abraham ene. Eyae nye mí katã fofo.
Therefore [it is] of faith, that [it might be] by grace; to the end the promise might be sure to all the seed; not to that only which is of the law, but to that also which is of the faith of Abraham; who is the father of us all,
17 Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ ene be: “Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo.” Eyae nye mía fofo le Mawu ŋkume, ame si dzi wòxɔ se, Mawu, ame si naa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nu siwo meli o la abe ɖe woli ene.
(As it is written, I have made thee a father of many nations, ) before him whom he believed, [even] God, who quickeneth the dead, and calleth those things which be not as though they were.
18 Togbɔ be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o hã la, Abraham kpɔ mɔ le xɔse me, eye wòzu dukɔ geɖewo fofo, abe ale si wogblɔ nɛ ene be, “Nenema anye wò dzidzimeviwo.”
Who against hope believed in hope, that he might become the father of many nations; according to that which was spoken, So shall thy seed be.
19 Megbɔdzɔ le xɔse me o, eya ta mebu be yeƒe ŋutilã ku, esi wòxɔ abe ƒe alafa ɖeka ene, eye Sara hã ƒe vidzidɔ ku na vidzidzi o.
And being not weak in faith, he considered not his own body now dead, when he was about an hundred years old, neither yet the deadness of Sara’s womb:
20 Ke meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me o, ke boŋ edo ŋusẽ eƒe xɔse, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu,
He staggered not at the promise of God through unbelief; but was strong in faith, giving glory to God;
21 eye wòka ɖe edzi blibo be Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo la.
And being fully persuaded that, what he had promised, he was able also to perform.
22 Nu sia ta “wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee” ɖo.
And therefore it was imputed to him for righteousness.
23 Gake menye eya ɖeɖe ta woŋlɔ ɖi be “wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee” o,
Now it was not written for his sake alone, that it was imputed to him;
24 ke míawo hã tae, mí ame siwo Mawu abui na dzɔdzɔenyenyee, mí ame siwo xɔa ame si fɔ Yesu, míaƒe Aƒetɔ la ɖe tsitre tso ame kukuwo dome dzi sena.
But for us also, to whom it shall be imputed, if we believe on him that raised up Jesus our Lord from the dead;
25 Eku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre ɖe afiatsotso na mí ta.
Who was delivered for our offences, and was raised again for our justification.

< Romatɔwo 4 >