< テモテへの手紙第一 5 >

1 第二項 種々の人に對する法 老人を譴責せず、父の如くにして希へ、若き人を兄弟の如く、
Mègaƒo nu na ametsitsi aɖeke kple adã o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiwo abe ale si nàƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene.
2 老いたる女を母の如く、若き女を姉妹の如くにして完全に節操を守りつつ勧めよ。
Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene, eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò ta me ɖe wo ŋu.
3 眞に寡婦たる寡婦を敬へ、
Nenye be ahosiwo mekpɔ ame aɖeke wòakpɔ wo dzi o la, ekema hamea natsɔe ɖo eɖokui dzi, atsɔ lɔlɔ̃ akpɔ wo dzii.
4 然れど寡婦にして子或は孫あらば、彼等は先家に孝行し、親に恩を報ゆる事を學ぶべし、是神の御前に嘉納せらるればなり。
Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi, elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme tso aƒe me, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ.
5 眞に寡婦にして寄辺なき者は神に寄頼み、晝夜祈願祈祷に從事すべし、
Hame la nekpɔ ahosi dahe siwo tsi akogo le xexea me la dzi nenye be wole Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe yewo ŋuti, eye wole gbe dom ɖa atraɖii,
6 蓋快樂に在る寡婦は、生きながらにして死したる者なり、
ke menye ne wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa tsatsam nɔa amenya gblɔm, nɔa ŋutilãmedzidzɔ ko dim, eye wogblẽa nu le woƒe luʋɔ ŋuti o.
7 彼等の科なからん為に是等の事を命ぜよ。
Esia nanye miaƒe hame la ƒe ɖoɖo, ale be kristotɔwo nanya, eye woawɔ nu si dze la.
8 己が家族、殊に家人を顧みざる人は、信仰を棄てて不信者に劣れる者なり。
Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.
9 寡婦の籍に録さるるは、一夫の妻たりし者にして六十才より下らず、
Womatsɔ ahosi aɖeke ƒe ŋkɔ ade ahosiwo dome o, negbe exɔ ƒe blaade kple edzivɔ, eye wònye ame si nɔ srɔ̃a gbɔ le nyateƒetoto me.
10 善業の好評ある者、即ち子女を育て、若くは客を接待し、若くは聖徒の足を洗ひ、若くは困難に遇へる人々を助けし等、凡ての善業を為しし者たらざるべからず。
Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le amewo katã gbɔ le eƒe dɔ nyui wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ame si hea viawo nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu, eye wòƒoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.
11 若き寡婦等を辞れ、蓋彼等はキリストに背きて行亂るれば嫁ぐ事を好み、
Mele be woaxɔ ahosi siwo metsi o la ɖe dɔ tɔxɛ wɔla siawo dome o, elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woada le adzɔgbe si woɖe na Kristo la dzi, eye woagaɖe srɔ̃.
12 最初の信を破りたる故に罪に定められ、
Ale woadze na tohehe, elabena woda le woƒe ŋugbedodo ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi.
13 又亂惰にして家々を遊廻り、啻に亂惰なるのみならず、言多く又指出でて言ふまじき事を語る。
Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele eme be woava zu ame ɖɔewo, eye woagblẽ woƒe ɣeyiɣi anɔ ameŋunya gblɔm tso aƒe si me yi ekemɛ me, anɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me.
14 然れば我は若き寡婦の、嫁ぎて子を挙げ家事を理め、反對者をして聊も惡口の機會を有たざらしめん事を欲す、
Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Ekema ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o.
15 其はサタンに立歸りたる者既に數人あればなり。
Elabena mevɔ̃ be wo dometɔ aɖewo do hamea me, eye Satana kplɔ wo tra mɔe xoxo.
16 信徒たる者、若[親族に]寡婦あらば、教會を煩はさずして自ら之を扶くべし、是教會をして眞の寡婦を扶くるに不足なからしめん為なり。
Na magaɖo ŋku edzi na wò ake be ele na ahosiwo ƒe ƒometɔwo be woakpɔ wo dzi, eye mele be woaɖe asi le dɔ sia wɔwɔ ŋuti na hamea o. Ekema hamea ate ŋu atsɔ ga si le esi la akpɔ ahosi amemanɔsitɔwo dzii.
17 長老にして善く司る人、殊に言と教とに勞する人は、倍して尊ばるべき者とせらるべし。
Hamedzikpɔla siwo wɔa hadɔ nyuie la dze na bubuteƒe eve, vevietɔ esiwo kua kutri le mawunyagbɔgblɔ kple efiafia me,
18 蓋聖書に曰く、「汝穀物を踏碾す牛の口を結ぶ勿れ」と、又曰く、「働く人は宜しく其報を得べし」と。
elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Mègabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Wogagblɔ le teƒe bubu hã be, “Dɔwɔla dze na eƒe fetu.”
19 長老に對する訴訟は、二三の證人あるに非ずば之を受理すること勿れ。
Ne wotsɔ nya ɖe hamedzikpɔla aɖe ŋu la, mègawɔ nya la ŋu dɔ o, negbe le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe nya nu ko.
20 罪を犯す者は、他の人をも懼れしめん為に、一同の前に之を咎めよ。
Woaka mo na nu vɔ̃ wɔlawo le hame bliboa ŋkume be wòanye kpɔɖeŋu na ame bubuwo.
21 我神とキリスト、イエズスと擇まれし天使等の御前に證して、汝が偏頗なく是等の事を守り、贔屓を以て何事をも為さざらん事を命ず。
Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame.
22 誰にも早く按手する事なく、又他人の罪に與る事なく、貞操にして己が身を守れ。
Mègatsi dzi klokloklo le hamemegãtiatia me o. Wò ŋku abu le eƒe nu vɔ̃wo dzi, eye wòawɔ abe ɖe nède eƒe nu vɔ̃wo dzi ene. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.
23 最早水を飲まずして、胃の為又は度度の病の為に、少しく葡萄酒を用いよ。
Ke hã la, esia mefia be nàtsri wain keŋkeŋ o. Ele be nàno sue aɖe ɣe aɖewo ɣi abe atike ene ɖe wò dɔmeɖu la ta, elabena èdzea dɔ kabakaba.
24 或人々の罪は審判にも先ちて明に、或人々の罪は後にて顕る、
Ɖo ŋku edzi be ŋutsu aɖewo, hamemegã aɖewo gɔ̃ hã, le nu vɔ̃ wɔm, eye esia le nyanya na ame sia ame. Le nu siawo me la, àte ŋu awɔ nane tso eŋuti. Ke le go bubuwo me la, ʋɔnudrɔ̃gbe la koe ate ŋu aɖe nyateƒe dziŋɔ la ɖe go.
25 善き行の顕るるも亦斯の如し、然らざるものは[終に]隠るる能はず。
Nenema ke ame sia ame nya ale si hamemegã aɖewo wɔa dɔ nyuie, gake ɣe aɖewo ɣi la, womenya woƒe dɔ nyui wɔwɔwo o va se ɖe ɣeyiɣi didi aɖewo megbe hafi.

< テモテへの手紙第一 5 >