< マルコの福音書 9 >

1 又彼等に曰ひけるは、我誠に汝等に告ぐ、神の國が権威を以て來るを見るまで、死を味はざるべき人々、此處に立てる者の中に在り、と。
Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, mia dometɔ aɖewo, siwo le afi sia la anɔ agbe va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la nava le ŋusẽ gã aɖe me.”
2 六日の後イエズス、ペトロヤコボヨハネのみを別に從へて、高き山に導き給ひしに、彼等の前にて御容變り、
Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o. Esi woɖo afi ma teti ko la, Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe,
3 衣服は輝きて純白なる事雪の如く、地上の布晒人の為し得ざる程なりき。
eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu tititi. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexea me ate ŋu awɔe wòafu nenema o.
4 時にエリアモイゼと共に彼等に現れて、イエズスと語り居りしが、
Azɔ Eliya kple Mose wova do ɖe Yesu gbɔ, wode asi dzeɖoɖo me kplii.
5 ペトロ答へて、イエズスに云ひけるは、ラビ、善哉我等が此處に居る事。我等三個の廬を作り、一は汝の為、一はモイゼの為、一はエリアの為にせん、と。
Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.”
6 蓋彼は其云ふ所を知らざりき、其は皆甚く懼れ居たればなり。
(Egblɔ esia, elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ.)
7 斯て一叢の雲彼等を立覆ひ、聲雲の中より來りて曰はく、是ぞ我最愛の子なる、是に聴け、と。
Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi, hexe ɣe la ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo toe.”
8 彼等は直に見廻しけるに、イエズスと己等との外、復誰をも見ざりき。
Kasia, nusrɔ̃la etɔ̃awo megakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o, negbe Yesu ɖeka ko, elabena Mose kple Eliya wodzo.
9 イエズス彼等が山を下る時、人の子死者の中より復活するまでは、其見しことを人に語るな、と戒め給ひしかば、
Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le Amegbetɔ Vi la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko.
10 彼等之を守りしが、死者の中より復活する迄とは何事ぞ、と論じ合ひたり。
Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me, gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu, eye wobua ta me vevie le nu si tututu Yesu gblɔna be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la ŋu.
11 斯てイエズスに問ひて、然らばエリア先に來るべしとファリザイ人律法學士等の云へるは何ぞや、と云ひければ、
Wobiae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm be ele be Eliya nava gbã ɖo?”
12 答へて曰ひけるは、エリア先に來りて萬事を回復すべし、又人の子に就きては、多くの苦難を受け且蔑にせらるべし、と録されたる如く、
Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo, eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be, akpe fu geɖe, eye woagbe nu le egbɔ ɖo?
13 我汝等に告ぐ、エリアも既に來れり、且人々縦に彼を遇ひし事、彼に就きて録されたるに違はず、と。
Ke mele egblɔm na mi be, Eliya va, wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la abe ale si woŋlɔe ɖi la ene.”
14 イエズス弟子等の許に來り見給ひしに、夥しき群衆彼等を圍み、律法學士等彼等と論じ居りしが、
Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la mamlɛawo, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nya hem kpli wo.
15 人民は直にイエズスを見て、皆驚き恐れ、馳寄りて敬禮せり。
Esi ameha la kpɔ Yesu la, vɔvɔ̃ ɖo wo, ke woƒu du yi egbɔ be yewoado gbe nɛ.
16 イエズス律法學士等に向ひ、何を論じ合へるぞ、と曰ひしに、
Yesu bia wo be, “Nya ka tututu hem miele?”
17 群衆の中より一人答へて云ひけるは、師よ、我唖なる惡鬼に憑かれたる我子を汝に齎したるが、
Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku, vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o.
18 惡鬼に憑かるれば、何處にもあれ、投げ倒されて泡を噴き、歯を切り、五體強る。之を追出さん事を汝の弟子等に請ひたれど能はざりき、と。
Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, ekɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye eƒe lãme liana kakoo. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le eme, gake womete ŋui o.”
19 イエズス彼等に答へて曰ひけるは、嗚呼信仰なき時代なる哉、我何時まで汝等と共に居らんや、何時まで汝等を忍ばんや。其を我に携へ來れ、と。
Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.”
20 即携へ來りしが、彼イエズスを見るや、直に惡鬼の為に痙攣を起し、地に倒されて泡を噴きつつ臥転びたり。
Ale wokplɔ ɖevi la yi na Yesu, gake kaka wòakpɔ Yesu ko la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba, eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu.
21 イエズス其父に向ひ、彼に此事の起れるは、何時頃よりぞ、と問ひ給ひしに、
Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣe ka ɣi ke wòle dɔ sia lém?” Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke.
22 父云ひけるは、幼少の時よりなり、而して惡鬼之を殺さんと、屡火に水に投げ入れたり。汝若為べき様もあらば、我等を憫みて助け給へ、と。
Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.”
23 イエズス是に曰ひけるは、汝若信ずることを得ば、信ずる人には何事も能はざるなし、と。
Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”
24 子の父、忽涙と共に呼はりて云ひけるは、主よ、我は信ず、我信仰を扶け給へ、と。
Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!”
25 イエズス群衆の馳集るを見て汚鬼を責め、唖にして聾なる惡鬼よ、我汝に命ず、此人より立去りて、再入ること勿れ、と曰ひしに、
Yesu kpɔ be ameha la nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi, eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be, nàdo go le ɖevi sia me fifi laa, mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.”
26 惡鬼叫びつつ彼を痙攣せしめて出去れり。然て彼は死人の如くに成りしかば、死せりと云ふ人多かりしが、
Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevi la nublanuitɔe, hedo go le eme. Azɔ ɖevi la fa miamiamia ɖe anyigba, heli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be eku.
27 イエズス其手を執りて起し給ひければ、彼立上れり。
Ke Yesu lé eƒe alɔnu, na wòtsi tsitre, eye nukutɔe la, eƒe lãme sẽ.
28 イエズス家に入り給ひしに、弟子等竊に、我等が之を逐出すこと能はざりしは何故ぞ、と問ひしかば、
Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o ɖo?”
29 イエズス彼等に曰ひけるは、斯る類は、祈祷と断食とによらでは、如何にしても逐出すこと能はざるなり、と。
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.”
30 斯て此處を去りて一行ガリレアを過りしが、イエズス誰にも知られざらん事を欲し給ひ、
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le afi ma, eye woɖo ta Galilea nuto me. Yesu dze agbagba vevie be amewo nagakpɔ ye o,
31 弟子等に教へて、人の子は人の手に売れ、是に殺され、殺されて三日目に復活すべし、と曰ひしかども、
edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu yeƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la, egblɔna na wo be, “Woade Amegbetɔ Vi la asi, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, magatsi tsitre tso ame kukuwo dome.”
32 彼等其言を暁らず、又問ふ事をも憚り居たりき。
Nusrɔ̃lawo mete ŋu se nya siawo gɔme o, gake ale si woawɔ abiae la hã zu dɔ; wonɔ vɔvɔ̃m.
33 彼等カファルナウムに至りて家に居りしに、イエズス問ひて、汝等途々何を論じたりしぞ、と曰へば、
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum. Esi wova ɖo aƒe si me wodze me la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi míenɔ mɔa dzi gbɔna ɖe, nya ka ʋlim mienɔ?”
34 彼等黙然たりき、是は己等の中に最大いなる者は誰ぞ、と道すがら相争ひたればなり。
Nyateƒe, nya sia ŋu ɖoɖo sesẽ na nusrɔ̃lawo, elabena nya si hem wonɔ la ku ɖe ame si nye wo katã ƒe amegã la ŋu.
35 イエズス坐して十二人を呼び、是に曰ひけるは、人若第一の者たらんと欲せば一同の後と成り、一同の召使と成るべし、と。
Yesu nɔ anyi, yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ame si di be yeanye mi katã ƒe amegã la, ele nɛ be wòanye suetɔ kekeake gbã, ɛ̃, ele be wòanye mi katã ƒe subɔla!”
36 然て一人の幼兒を取りて彼等の中に置き、之を抱きて彼等に曰ひけるは、
Azɔ ekplɔ ɖevi sue aɖe va wo titinae, kɔe ɖe eƒe abɔwo dome, eye wògblɔ na wo be,
37 誰にもあれ、我名の為に、斯る幼兒の一人を承くる人は、我を承くる者なり、又誰にもあれ、我を承くる人は、我を承くるには非ずして、我を遣はし給ひし者を承くるなり。
“Ame si axɔ ɖevi sue aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ, eye ame si axɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ Fofonye si dɔm lae wòxɔ!”
38 ヨハネ答へて云ひけるは、師よ、我等に從はざる一人が、汝の名を以て惡魔を逐払ふを見たれば、我等之を禁じたりき。
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yohanes la gblɔ nɛ be, “Nufiala, míekpɔ ame aɖe si tsɔ wò ŋkɔ nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyamee le amewo me. Ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖeka wònye o.”
39 イエズス曰ひけるは、禁ずること勿れ、其は我名を以て奇蹟を行ひながら、直に我を謗り得る者あらざればなり。
Yesu gblɔ nɛ be, “Migagbe nɛ o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye nye futɔ o.
40 即汝等に反せざる人は、汝等の為にする者なり。
Ame si metsi tsitre ɖe mía ŋu o la, ele míaƒe akpa dzi.
41 汝等がキリストに属する者なればとて、我名の為に一杯の水を飲まする人あらば、我誠に汝等に告ぐ、彼は其報を失はじ。
Yesu yi edzi be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe na tsi kplu ɖeka mi be miano elabena mienye Kristo tɔ la, ame sia mabu fetu si wòaxɔ la o.’
42 又我を信ずる此小き者の一人を躓かする人は、驢馬の挽く磨を頚に懸けられて海に投入れらるる事、寧彼に取りて優れり。
“Gake ne ame aɖe awɔe be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu xɔse si le esi ɖe ŋunye la, ne wotsi kpe gã aɖe ɖe kɔ nɛ hekɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me la, anyo nɛ wu sãa.
43 若汝の手汝を躓かさば之を切れ、不具にて生命に入るは、兩手ありて地獄の滅えざる火に往くより、汝に取りて優れり、 (Geenna g1067)
Ne wò asi nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe mawufiaɖuƒe la me kple asikpo wu be asi eve nanɔ ŋuwò nàyi dzomavɔʋe me, afi si dzo metsina le o. [ (Geenna g1067)
44 彼處には其蛆は死なず、火は滅えざるなり。
Afi si, “‘woƒe nye mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.]’
45 若汝の足汝を躓かさば之を切れ、片足にて永遠の生命に入るは、兩足ありて滅えざる火の地獄に投入れらるるより、汝に取りて優れり。 (Geenna g1067)
Ne wò afɔ nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe agbe la me kple afɔkpo wu esi afɔ eve nanɔ asiwò, woakɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. [ (Geenna g1067)
46 彼處には其蛆は死なず、火は滅えざるなり。
Afi si, “‘woƒe nye mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.]’
47 若汝の目汝を躓かさば、之を抉去れ、片目にて神の國に入るは、兩目ありて火の地獄に投入れらるるより、汝に取りて優れり、 (Geenna g1067)
Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome. Enyo na wò be nàyi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nàyi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve, (Geenna g1067)
48 彼處には其蛆は死なず、火は滅えざるなり。
afi si, “‘woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.’
49 各火を以て醃けられ、犠牲は各塩を以て醃けられん。
Eye woatsɔ dzo bibi ade dze ame sia ame wòatee.”
50 塩は善き物なり、然れど塩若其味を失はば、何を以てか是に醃せんや。汝等の心に塩あれ、汝等の間に平和あれ、[と曰へり]。
Yesu wu eƒe nuƒo la nu be, “Dze nye nu vevi aɖe, gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o; meganyo na naneke o, migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”

< マルコの福音書 9 >