< 시편 122 >

1 (다윗의 시. 곧 성전에 올라가는 노래) 사람이 내게 말하기를 여호와의 집에 올라가자 할 때에 내가 기뻐하였도다
David ƒe mɔzɔha. Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be, “Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.”
2 예루살렘아! 우리 발이 네 성문 안에 섰도다
O! Yerusalem, míaƒe afɔwo le wò agbowo nu.
3 예루살렘아! 너는 조밀한 성읍과 같이 건설되었도다
Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe wo nɔewo nu ene.
4 지파들 곧 여호와의 이름에 감사하려고 이스라엘의 전례대로 그리로 올라가는도다
Afi ma to vovovoawo yina, Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa, le ɖoɖo si wòna Israel nu.
5 거기 판단의 보좌를 두셨으니 곧 다윗 집의 보좌로다
Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo, David ƒe aƒe la ƒe fiazikpuiwo.
6 예루살렘을 위하여 평안을 구하라 예루살렘을 사랑하는 자는 형통하리로다
Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be, “Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie.
7 네 성 안에는 평강이 있고 네 궁중에는 형통이 있을지어다
Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me kple dedinɔnɔ le wò fiasãwo me.”
8 내가 내 형제와 붕우를 위하여 이제 말하리니 네 가운데 평강이 있을지어다
Le nɔvinye ŋutsuwo kple xɔ̃nyewo ta, magblɔ be, “Ŋutifafa nenɔ mewò.”
9 여호와 우리 하나님의 집을 위하여 내가 네 복을 구하리로다
Le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò.

< 시편 122 >