< Hezekiel 43 >

1 Adam beni doğuya bakan kapıya götürdü.
Tete ame la kplɔm va agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ,
2 İsrail Tanrısı'nın görkeminin doğudan geldiğini gördüm. Sesi gürül gürül akan suların sesi gibiydi. Görkeminden yeryüzü aydınlıkla doldu.
eye mekpɔ Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe wògbɔna tso ɣedzeƒe. Eƒe gbe ɖi tɔsisiwo ƒe hoowɔwɔ, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba la nɔ keklẽm.
3 Gördüğüm görüm, Tanrı kenti yok etmeye geldiğinde ve Kevar Irmağı kıyısında gördüğüm görümlere benziyordu. Yüzüstü yere düştüm.
Ŋutega si mekpɔ la ɖi ŋutega si mekpɔ esi wòva be yeagbã du la kple ŋutega si mekpɔ le Kebar tɔsisi la to. Tete metsyɔ mo anyi.
4 RAB'bin görkemi doğuya bakan kapıdan tapınağa girdi.
Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ge ɖe gbedoxɔ la me to agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me.
5 Ruh beni ayağa kaldırıp iç avluya götürdü. RAB'bin görkemi tapınağı doldurdu.
Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi heyi xɔxɔnu emetɔ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me.
6 Adam orada yanımda dururken, tapınaktan birinin bana seslendiğini duydum.
Esime ŋutsu la tsi tsitre ɖe axanye la, mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam tso gbedoxɔ la me.
7 Bana şöyle dedi: “İnsanoğlu, tahtımın yeri, ayaklarımın basacağı, İsrail halkıyla sonsuza dek yaşayacağım yer burasıdır. Bundan böyle İsrail halkı da kralları da fahişelikleriyle ve krallarının cesetleriyle bir daha kutsal adımı kirletmeyecek.
Egblɔ nam be, “Ame vi, afi siae nye nye fiazikpui ƒe nɔƒe kple teƒe na nye afɔƒome. Teƒe siae nye afi si manɔ le Israelviwo dome tegbetegbe. Israel ƒe aƒe la magado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la kple woƒe fiawo to woƒe gbolowɔwɔ kple legba siwo me agbe mele o le woƒe nuxeƒewo o.
8 Onlar kapı eşiklerini kapı eşiğimin, sövelerini sövelerimin bitişiğine yerleştirdiler. Benimle aralarında yalnızca bir duvar vardı. İğrenç uygulamalarıyla kutsal adımı kirlettiler. Bu yüzden öfkemle onları yok ettim.
Ne wotsɔ woƒe kpuiwo ɖo nye kpui nu, woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo nu, eye gli koe tso nye kpli wo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la to woƒe ŋukpenanuwo wɔwɔ me. Ale metsrɔ̃ wo le nye dɔmedzoe me.
9 Şimdi fahişeliklerini, krallarının cesetlerini benden uzaklaştırsınlar; ben de sonsuza dek aralarında yaşayayım.
Azɔ la, na woaɖe woƒe gbolowɔwɔ kple woƒe fiawo ƒe legba siwo me agbe mele o la ɖa tso gbɔnye, ekema manɔ wo dome tegbee.
10 “İnsanoğlu, günahlarından utanmaları için bu tapınağı İsrail halkına tanıt. Tapınağın tasarısını incelesinler.
“Ame vi, ƒo nu tso gbedoxɔ la ŋu na Israelviwo, ale be woƒe nu vɔ̃wo nakpe ŋu na wo. Na woabu ɖoɖo la ŋu,
11 Eğer bütün yaptıklarından utanıyorlarsa, tapınağın tasarını –düzenlemesini, girişlerini, çıkışlarını– kurallarını, yasalarını onlara bildir. Tasarı onların gözü önünde yaz ki, bütün düzenine, kurallarına bağlılıkla uyabilsinler.
eye ne ŋu kpe wo le nu siwo wowɔ ta la, na woanya gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme, afi siwo woato age ɖe eme kple afi siwo woato ado go, eƒe nɔnɔme blibo la kple ɖoɖowo katã kple seawo katã. Ŋlɔ nu siawo da ɖi le woƒe ŋkume, ale be woalé woƒe ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi.
12 Tapınakla ilgili yasa şudur: Dağın tepesinde tapınağı çevreleyen bütün alan çok kutsal olacak. İşte tapınakla ilgili yasa böyle.
“Esiae nye gbedoxɔ la ƒe se. Teƒe siwo katã ƒo xlãe le to la dzi la anye teƒe kɔkɔe. Esiae nye gbedoxɔ la ƒe se.”
13 “Arşın ölçüsüyle sunağın ölçüleri şunlardır: –Bu arşın, bir arşına ek olarak bir elin eni kadardır.– Sunağı çevreleyen hendeğin derinliği bir arşın, genişliği bir arşın, çevresindeki kenarlık bir karış. Sunağın yüksekliğiyse şöyle:
“Esiawoe nye vɔsamlekpui la ƒe dzidzeme. Eƒe tsitoƒe de eme mita afã, eye wòkeke mita afã; woɖo to nɛ si kɔ asiƒo afã. Vɔsamlekpui la ƒe kɔkɔme le ale:
14 Sunağın yerdeki hendekten alt çıkıntıya kadarki bölümünün yüksekliği iki arşın, genişliği bir arşın, küçük çıkıntıdan büyük çıkıntıya kadarki bölümün yüksekliği dört arşın, genişliği bir arşın.
Tso tsitoƒe si le anyigba va se ɖe kɔ etetɔ ŋu le mita ɖeka, eye wòkeke mita afã. Tso kɔ suetɔ gbɔ va se ɖe kɔ gãtɔ gbɔ la kɔ mita eve, eye wòkeke mita afã.
15 Sunağın kurban yakılan üst bölümünün yüksekliği dört arşın; üst bölümden yukarı doğru dört boynuz uzanacak.
Vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe kɔ mita eve, eye lãdzo eve tso dzodoƒe la ŋu do ɖe yame.
16 Sunağın üst bölümü kare şeklinde olacak. Uzunluğu on iki arşın, genişliği on iki arşın.
Vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe sɔ le didime kple kekeme siaa, eye ɖe sia ɖe nye mita ade.
17 Üst çıkıntının dört yandan uzunluğu ve genişliği de on dörder arşın. Çevresindeki kenarlık yarım arşın, hendeğin çevresi bir arşın. Sunağın basamakları doğuya bakacak.”
Kɔ yametɔ hã sɔ le didime kple kekeme me, eye ɖe sia ɖe didi mita adre, woɖo to nɛ ƒo xlã wòkɔ mita afã ƒe afã. Tsitoƒe la de eme mita afã ƒo xlã va kpe. Vɔsamlekpui la ƒe atrakpuiwo dze ŋgɔ ɣedzeƒe.”
18 Adam konuşmasını şöyle sürdürdü: “İnsanoğlu, Egemen RAB şöyle diyor: ‘Sunak yapılacağı gün, üzerinde yakmalık sunular sunmak ve kan dökmek için kurallar şunlardır:
Tete wògblɔ nam be, “Ame vi, nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esiawoe anye ɖoɖowo na numevɔsawo kple ʋuhehlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu ne wotui.
19 Bana hizmet etmek üzere önüme gelen Sadok soyundan Levili kâhinlere günah sunusu olarak bir boğa vereceksin. Egemen RAB böyle diyor.
Ele na wò be nàtsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene na nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo tso Zadok ƒe ƒome me, ame siwo va subɔna le nye ŋkume.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
20 Boğanın kanından biraz alıp sunağın dört boynuzuna, çıkıntının dört köşesine ve çevresindeki kenarlığın üzerine süreceksin. Böylece sunağı pak kılıp arındıracaksın.
Ele na wò be nàku lã la ƒe ʋu aɖe asi ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzo eneawo kple kɔ eneawo ƒe dzogoewo ŋu aƒo xlã kpe ɖo, ale nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu, eye nàlé avu ɖe enu.
21 Boğayı günah sunusu olarak alacak, tapınağın dışında, tapınak alanında belirlenen yerde yakacaksın.
Ele na wò be nàtsɔ nyitsu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàtɔ dzoe le teƒe si woɖo ɖi nɛ le gbedoxɔ la me le kɔkɔeƒe la godo.
22 “‘İkinci gün günah sunusu olarak kusursuz bir teke sunacaksın. Sunağı boğanın kanıyla arındırdığın gibi tekenin kanıyla da arındır.
“Le ŋkeke evelia gbe la, ele be nàna gbɔ̃tsu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye woakɔ vɔsamlekpui la ŋu abe ale si wokɔ eŋui kple nyitsu la ene.
23 Arındırma işlemini bitirince, sürüden kusursuz bir boğayla bir koç sunacaksın.
Ne èwu eŋutikɔkɔ nu vɔ la, ele na wò be nàna nyitsu fɛ̃ aɖe kple agbo aɖe tso lãha la me; kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o.
24 Bunları RAB'bin önüne getireceksin. Kâhinler üzerlerine tuz serpip yakmalık sunu olarak RAB'be sunacaklar.
Ele na wò be nàna wo le Yehowa ŋkume, eye nunɔlaawo awu dze ɖe wo dzi, eye woatsɔ wo asa numevɔe na Yehowa.
25 “‘Yedi gün boyunca günah sunusu olarak her gün bir teke sağlayacaksın; kusursuz bir boğayla sürüden bir koç da sağlayacaksın.
“Ele na wò be nàna gbɔ̃tsu ɖeka gbe sia gbe, ŋkeke adre hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàgana nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo ɖeka tso lãha la me, kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o.
26 Yedi gün sunağı arındırıp pak kılacaklar. Böylece sunak adanmış olacak.
Woawɔ avuléle ɖe vɔsamlekpui la nu ŋkeke adre, wɔakɔ eŋuti, eye woatsɔe ana.
27 Yedi gün bitince, kâhinler sekizinci gün ve daha sonra yakmalık ve esenlik sunularınızı sunağın üzerinde sunacak. O zaman sizi kabul edeceğim. Egemen RAB böyle diyor.’”
Le ŋkeke siawo ƒe nuwuwu, tso ŋkeke enyilia gbe yina la, nunɔlaawo awɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo le vɔsamlekpui la dzi. Ekema maxɔ mi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

< Hezekiel 43 >