< Yeremya 1 >

1 Benyamin topraklarında Anatot Kenti'ndeki kâhinlerden Hilkiya oğlu Yeremya'nın sözleri.
Esiawoe nye Yeremia, Hilkia ƒe vi ƒe nyawo. Hilkia nye Nunɔla siwo nɔ Anatɔt le Benyaminyigba dzi la dometɔ ɖeka.
2 RAB, Yahuda Kralı Amon oğlu Yoşiya'nın krallığının on üçüncü yılında Yeremya'ya seslendi.
Yehowa ƒe nya va nɛ le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me.
3 RAB'bin Yeremya'ya seslenişi Yahuda Kralı Yoşiya oğlu Yehoyakim'in döneminden, Yahuda Kralı Yoşiya oğlu Sidkiya'nın krallığının on birinci yılının beşinci ayına dek, yani Yeruşalim halkının sürgüne gönderilmesine dek sürdü.
Egblɔ nya ɖi le Yehoyakim, Yosia ƒe vi, Yuda fia ƒe ɣeyiɣiwo me hã va se ɖe Yuda fia, Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti atɔ̃lia me. Ɣe ma ɣie wokplɔ Yerusalem nɔlawo yi aboyo mee.
4 RAB bana şöyle seslendi:
Yehowa ƒe nya va nam be,
5 “Ana rahminde sana biçim vermeden önce tanıdım seni. Doğmadan önce seni ayırdım, Uluslara peygamber atadım.”
“Hafi mava me wò ɖe dawò ƒe dɔ me la, menya wò; hafi woava dzi wò la, mekɔ ŋutiwò da ɖi eye meɖo wò Nyagblɔɖilae na dukɔwo.”
6 Bunun üzerine, “Ah, Egemen RAB, konuşmayı bilmiyorum, çünkü gencim” diye karşı çıktım.
Ke megblɔ be, “O, Aƒetɔ Mawu, nyemenya nuƒoƒo o eye ɖevi ko meganye.”
7 RAB, “‘Gencim’ deme” dedi, “Seni göndereceğim herkese gidecek, sana buyuracağım her şeyi söyleyeceksin.
Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègagblɔ be, ‘Ɖevi ko menye’ o. Ele na wò be nàyi ame sia ame si gbɔ medɔ wò ɖo eye nàwɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò.
8 Onlardan korkma, çünkü seni kurtarmak için ben seninleyim.” Böyle diyor RAB.
Mègavɔ̃ na wo o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe.
9 Sonra RAB elini uzatıp ağzıma dokundu, “İşte sözlerimi ağzına koydum” dedi,
Emegbe Yehowa do eƒe asi ɖa tsɔ tɔ nu nam eye wògblɔ nam be, “Azɔ metsɔ nye nyawo de wò nu me.
10 “Bak, ulusların ve ülkelerin kökünden sökülmesi, yıkılıp yok olması, yerle bir edilmesi, kurulup dikilmesi için bugün sana yetki verdim.”
Kpɔ ɖa, egbe meɖo wò nyagblɔɖilae na dukɔwo kple fiaɖuƒewo be nàho nu, avuvu nu, agblẽ nu, amu nuwo aƒu anyi, nàtso aƒe, eye nàdo nu.”
11 RAB, “Yeremya, ne görüyorsun?” diye seslendi. “Bir badem dalı görüyorum” diye yanıtladım.
Yehowa ƒe nya va nam bena, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?” Meɖo eŋu be, “Mele yevuziti ƒe alɔdze kpɔm.”
12 RAB, “Doğru gördün” dedi, “Çünkü sözümü yerine getirmek için gözlemekteyim.”
Yehowa ƒe nya va nam be, “Èkpɔe tututu, elabena manɔ ŋute akpɔ egbɔ be nye nya va eme.”
13 RAB yine, “Ne görüyorsun?” diye seslendi. “Kuzeyden bu yöne bakan, kaynayan bir kazan görüyorum” diye yanıtladım.
Yehowa ƒe nya gava nam be, “Nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be, “Mekpɔ ze si me tsi le fiefiem le, eye wòviã ɖe anyiehe gome.”
14 RAB şöyle dedi: “Ülkede yaşayanların tümü üzerine Kuzeyden felaket salıverilecek.
Yehowa gblɔ nam be, “Gbegblẽ atso anyiehe ava ƒo ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi.
15 Çünkü kuzey krallıklarının bütün halklarını çağırıyorum” diyor RAB. “Kralları gelip Yeruşalim surlarında, Bütün Yahuda kentlerinin karşısında, Yeruşalim'in kapı girişlerinde Tahtlarını kuracaklar.
Esusɔ vie maƒo dzigbemefiaɖuƒe la me nɔlawo katã nu ƒu.” Yehowae gblɔe. “Woƒe fiawo ava li woƒe fiazikpuiwo anyi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu, woava ɖe to ɖe eƒe gliwo katã kple Yuda duwo katã ŋu.
16 Yaptıkları kötülükten ötürü Halkımın cezasını bildireceğim: Beni bıraktılar, Başka ilahlara buhur yakıp Elleriyle yaptıklarına tapındılar.
Mabu fɔ nye amewo ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ hegblẽm ɖi, eye wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu bubuwo hesubɔ nu siwo woawo ŋutɔ wɔ kple asi la ta.
17 “Sen kalk, hazırlan! Sana buyuracağım her şeyi onlara söyle. Onlardan yılma! Yoksa onların önünde ben seni yıldırırım.
“Dzra ɖokuiwò ɖo! Tso kpla ne nàgblɔ nu siwo katã megblɔ na wò la na wo. Womegadzi ŋɔ na wò o, ne menye nenema o la, mado ŋɔdzi na wò le wo ŋkume.
18 İşte, bütün ülkeye –Yahuda krallarına, önderlerine, kâhinlerine, ülke halkına– karşı bugün seni surlu bir kent, demir bir direk, tunç bir duvar kıldım.
Kpɔ ɖa, egbe mewɔ wò nènye du si woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe. Mewɔ wò gasɔti kple akɔbliglii, be nàtsi tsitre ɖe anyigba blibo la ŋuti, ɖe Yuda fiawo, woƒe dumegãwo, nunɔlawo kple anyigbadzinɔlawo katã ŋuti.
19 Sana savaş açacak, ama seni yenemeyecekler. Çünkü seni kurtarmak için ben seninleyim.” Böyle diyor RAB.
Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe.

< Yeremya 1 >